John 18:19-24

Nunɔlagã la bia gbe Yesu

(Mateo 26:59-66; Marko 14:55-64; Luka 22:66-71)

19Le ʋɔnua la, Osɔfo gãtɔ la bia Yesu ame siwo nye eƒe nusrɔ̃lawo kple nu si tututu wòle wo fiam.

20Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame geɖewo nya nu si fiam mele, elabena mefia nu zi geɖe le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, Yudatɔwo ƒe amegãwo katã ɖoa to nya siwo megblɔna, eye nya aɖeke meli si megblɔna le ɣaɣlɛƒe si nyemegblɔna le dutoƒo o. 21Eya ta menye nyee wòle be miabia nya siae o, ke boŋ mibia ame siwo va ɖoa to nye nyawo. Wo dometɔ aɖewo hã le afi sia eya ta mibia wo.”

22Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ zi ɖeka hebiae bena, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋui na Osɔfo gãtɔ la?”

23Yesu gblɔ nɛ bena, “Nenye be alakpa dam mele la, ekema tɔ asi nu si nye alakpa le nye nuƒoa me la dzi nam. Ke ne nyateƒe tom mele la, ɖe wòle be nàƒo tome na ame si le nyateƒe tom la mahã?”

24Ale Anas na wobla Yesu eye wokplɔe yi Kayafa, Osɔfo gãtɔ la gbɔe.

Copyright information for EweBEE